97 O, ale gbegbe mehelɔ̃ wò se lae!
Medea ŋugble le eŋuti ŋkeke blibo la.
98 Wò sededewo wɔm nunyalae wu nye futɔwo katã,
elabena wole gbɔnye ɖaa.
99 Gɔmesese su asinye wu nye nufialawo katã,
elabena medea ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu.
100 Gɔmesese le asinye wu dumegãwo,
elabena mewɔ ɖe wò ɖoɖowo dzi.