6 Mele yɔwòm, O! Mawu, elabena àtɔ nam;
ƒu to anyi ɖe ŋunye, eye nàse nye gbedodoɖa.
7 Ɖe wò lɔlɔ̃ gã la ƒe nukunu fia,
wò ame si tsɔa wò nuɖusi ɖea ame siwo si wò tso,
tso woƒe futɔwo ƒe asi me.
8 Kpɔ tanye abe wò ŋku ƒe gadaglamakui ene,
eye nàɣlam ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te,
9 ɖem tso ame vɔ̃ɖi siwo le funyafunya wɔmem
kple futɔ siwo ɖe to ɖem la ƒe asi me.