Publicidade

Salmos 26

David ƒa ha.

1 O! Yehowa, tso afia nam,

elabena menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o.

Meɖo dzi ɖe Yehowa ŋu,

nyemeʋã kpɔ gbeɖe o.

2 O! Yehowa, lolom, dom kpɔ;

eye nàdzro nye dzi kple tamesusu me,

3 elabena lɔlɔ̃ le ŋkunye me ɖaa,

eye mezɔna le nyateƒe la me ɣe sia ɣi.

4 Nyemanɔ anyi ɖe ameblelawo dome,

alo ade ha kple alakpanuwɔlawo o.

5 Metsri ame tovowo ƒe habɔbɔ,

eye megbe be nyemanɔ ame ̃ɖiwo dome o.

6 Meklɔ nye asiwo le fɔmaɖimaɖi me,

eye meƒo xlã vɔsamlekpui, O! Yehowa,

7 hele kafukafuha dzim

kple ɣli le nukudɔ siwo katã nèwɔ la xlẽm fia.

8 O! Yehowa, melɔ̃ aƒe si me nèle,

afi si ŋutikɔkɔe le.

9 Mègatsɔ nye luʋɔ kpe ɖe nu ̃ wɔlawo ŋuti

kple nye agbe kpe ɖe hlɔ̃dolawo ŋuti,

10 ame siwo ƒe asi me ɖoɖo ̃ɖiwo le,

eye woƒe nuɖusime fũu kple zãnuxɔxɔ o.

11 Ke nye la, menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o,

eya ta ɖem, eye nàkpɔ nublanui nam.

12 Nye afɔ le sɔsɔeƒe.

Makafu Yehowa le takpekpe la me.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-