Pular para o conteúdo
Publicidade

Psalmowo 3

1 O, Yehowa, aleke nye futɔwo gbɔ ale!

Aleke ame geɖewo tso ɖe ŋunye ale!

2 Ame geɖewo le gbɔgblɔm tso ŋutinye be,

"Mawu maɖee akpɔ o." Sela

3 O, Yehowa, ke la, ènye akpoxɔnu ƒo xlãm;

ètsɔ ŋutikɔkɔe ɖe dzinye, eye nèkɔ nye ta dzi.

4 Yehowae medo ɣli na sesĩe,

eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe la dzi. Sela

5 Memlɔ anyi hedɔ alɔ̃;

meganyɔ, elabena Yehowae kpɔ tanye.

6 Nyemavɔ̃ na ame akpe nane siwo ho,

ɖe to ɖem godoo la o.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também