7 Wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la xɔ asi loo!
Ame siwo ŋuti bubu le
kple ame siwo ŋuti mele o,
le amegbetɔviwo dome siaa kpɔa sitsoƒe
le wò aʋala ƒe vɔvɔli te.
8 Wò aƒemenu gbogboawo nye nuɖuɖu na wo,
eye nènaa tsi wo wonona tso wò dzidzɔtɔsisi la me.
9 Elabena gbɔwòe agbe ƒe tsitsetse la le,
eye wò kekeli mee míekpɔa kekeli le.