Publicidade

Salmos 5

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii kple kpẽ.

1 O! Yehowa, ɖo to nye nyawo,

eye nàse nye hũɖeɖe.

2 Fianye kple Mawunye,

ɖo to nye ɣlidodo,

elabena wòe mele gbe dom ɖa na.

3 O! Yehowa, le ŋdi me la, àse nye gbe;

le ŋdi me la, matsɔ nye biabiawo aɖo ŋkuwò me,

eye manɔ lalam kple mɔkpɔkpɔ.

4 Menye Mawu si kpɔa dzidzɔ le ̃ ŋutie nènye o;

la, ame ̃ɖiwo mate ŋu anɔ gbɔwò o.

5 Ɖokuiŋudzelawo mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋkuwò me o;

elabena èlé fu nu vlo wɔlawo katã.

6 Ètsrɔ̃ aʋatsokalawo;

Yehowa tsri hlɔ̃dolawo kple ameblelawo.

7 Ke nye ya, mava aƒe me to nublanuikpɔkpɔ la me.

Matsɔ bubu ade ta agu ɖe gbedoxɔ kɔkɔe la ŋgɔ.

8 Kplɔm, O! Yehowa,

le dzɔdzɔenyenye nu le nye futɔwo ta,

eye mɔwo dzɔdzɔe le ŋkunye me.

9 Womate ŋu axɔ nya siwo doa go tso

woƒe nu me la ɖeka dzi ase o,

woƒe dzi fũu kple gbegblẽ.

Woƒe ve me le abe yɔdo si le ʋuʋu ɖi la ene,

eye wotsɔa woƒe aɖe gblɔa alakpanyawoe.

10 O! Mawu, bu wo!

Na be woƒe ayemɔwo naƒu wo anyi.

Ɖe wo ɖa le woƒe nu ̃ gbogboawo ta,

elabena wodze aglã ɖe ŋuwò.

11 Ke na ame siwo si tso la nakpɔ dzidzɔ,

eye na be woadzi ha kple dzidzɔ tegbee.

Keke ametakpɔkpɔ ɖe wo dzi,

ale be ame siwo ̃ ŋkɔ la natso aseye le mewò.

12 O! Yehowa, èyraa ame dzɔdzɔewo vavã,

eye nètsɔa amenuveve ƒoa xlã wo abe akpoxɔnu ene.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-