4 Ŋuwò, wò ko ŋu mewɔ nu vɔ̃ ɖo,
eye nu si nye vɔ̃ le wò ŋkume la mewɔ,
eya ta ne èle nu ƒom la, woaɖee afia be tɔwò dzɔ,
eye ne ètso afia la, woagblɔ be ele eteƒe.
5 Vavã, wodzim ɖe nu vɔ̃ me,
eye nu vɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo.
6 Vavã, nyateƒe si tso dzi me ke la nèdina;
èfia nunyam le ememe ke.
7 Klɔ ŋutinye kple kakle, eye ŋunye aɖi;
le tsi nam, eye mafu tititi wu aklala.
8 Na mase dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso,
ne nye ƒu siwo nèŋe la nakpɔ dzidzɔ.
9 Ɣla wò mo ɖe nye nu vɔ̃wo,
eye nàtutu nye vodadawo katã ɖa.