7 Klɔ ŋutinye kple kakle, eye ŋunye aɖi;
le tsi nam, eye mafu tititi wu aklala.
8 Na mase dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso,
ne nye ƒu siwo nèŋe la nakpɔ dzidzɔ.
9 Ɣla wò mo ɖe nye nu vɔ̃wo,
eye nàtutu nye vodadawo katã ɖa.
10 O! Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam,
eye nàgbugbɔ gbɔgbɔ si li ke la de menye.
11 Mègatsɔm ƒu gbe le wò ŋkume,
alo nàxɔ wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le asinye o.
12 Gbugbɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzidzɔ de menye,
eye nàna gbɔgbɔ si le klalo la be wòalém ɖe asi.