26 Elabena woti ame siwo ŋu nède abii la yome,
eye wole nu ƒom le ame siwo nèwɔ nuvevii la ƒe vevesese ŋu.
27 Bu fɔ wo, eye nàgabu fɔ wo ɖe edzi;
mègana woakpɔ gome le wò xɔname me o.
28 Tutu woƒe ŋkɔwo ɖa le agbegbalẽ la me,
eye mègana woaŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖe
ame dzɔdzɔewo dome o.