Publicidade

Salmos 78

4 Míawo míaɣlae ɖe mía viwo o,

ke boŋ míagblɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔ

siwo dze na kafukafu,

eƒe ŋusẽ kple nukudɔ

siwo wòwɔ la na megbeviwo.

5 Ewɔ ɖoɖowo na Yakob,

eye wòɖo se anyi ɖe Israel,

se siwo ŋu wòde se na

mía fofowo be woafia wo viwo,

6 ale be dzidzime megbetɔwo nanya wo,

eye vi siwo womedzi haɖe o nanya wo,

ne woawo nafia wo viwo.

7 Ekema woatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ ada ɖe Mawu dzi,

eye womaŋlɔ eƒe nuwɔwɔwo be o,

ke boŋ woalé eƒe sewo me ɖe asi.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-