Publicidade

Salmos 89

Ezrahitɔ Etan ƒe nufiameha.

1 Madzi ha le Mawu ƒe lɔlɔ̃ la ŋu ɖaa,

matsɔ nye nu aɖe gbeƒã

nuteƒewɔwɔ tso dzidzime yi dzidzime.

2 Maɖe gbeƒã be lɔlɔ̃ li ke tegbee,

eye nèɖo nuteƒewɔwɔ anyi ɖe dziƒo ŋutɔŋutɔ.

3 Ègblɔ be, "Mebla nu kple nye ame tiatia,

meka atam na David, nye dɔla be,

4 Maɖo ƒome anyi tegbee,

eye mana fiazikpui nali ke na dzidzimewo katã.’ " Sela

5 O! Yehowa, dziƒowo le nukunuwo kafum,

kple nuteƒewɔwɔ

le ame kɔkɔewo ƒe hame.

6 Elabena ame kae le dziŋgɔli me

si woatsɔ asɔ kple Yehowa?

Le nu gbagbe siwo le dziƒo dome la,

kae le abe Yehowa ene?

7 Le ame kɔkɔewo ƒe adaŋudeha me la ŋɔdzi le Mawu ŋu ŋutɔ,

ŋɔdzi le eŋu wu ame siwo katã ƒo xlãe.

8 O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, ame kae ɖi ?

O! Yehowa, la, ŋusẽtɔe nènye, eye nuteƒewɔwɔ ƒo xlã .

9 Wòe ɖu atsiaƒu ƒe agbodzedze dzi,

ne ƒutsotsoewo le dzi dem la, ènana wodzea akɔ anyi.

10 Ègbã Rahab gudugudu abe

ame siwo wowu la dometɔ ɖeka ene,

eye nètsɔ abɔ sesẽ kaka futɔwo.

11 Dziƒowo nye tɔwò, anyigba tɔwòe;

wòe xexea me kple emenuwo katã.

12 Wòe anyiehe kple dziehe;

ne Tabɔr kple Hermon se ŋkɔ ko la,

wodzia ha, tsoa aseye.

13 Wotsɔ ŋusẽ de abɔ me,

eye asi sesẽ, nuɖusi de dzi.

14 Woli fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi,

eye lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ le zɔzɔm le ŋgɔwò.

15 Woayra ame siwo srɔ̃ ale si woakafu wòe,

eye wozɔna le mo ƒe kekeli me, O Yehowa.

16 Wotsoa aseye le ŋkɔ me ŋkeke blibo la,

eye wokpɔa dodoɖedzi le dzɔdzɔenyenye me.

17 Elabena wòe nye woƒe ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ,

eye to amenuveve me, nèkɔ míaƒe dzo ɖe dzi.

18 Vavã, míaƒe akpoxɔnu nye Yehowa ,

miaƒe fia nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ la.

19 Ɣe aɖe ɣi la, èƒo nu na

ame kɔkɔewo le ŋutega me be,

"Metrɔ ŋusẽ ɖe kalẽtɔ aɖe dzi;

medo ɖekakpui aɖe ɖe dzi le nye amewo dome.

20 Meke ɖe David, nye dɔla

ŋu, eye mesi ami kple nye ami kɔkɔe.

21 Nye asi alée ɖe asi,

le nyateƒe me, nye alɔ ado ŋusẽe.

22 Futɔ aɖeke mazi edzi wòadzɔ ga o,

eye ame ̃ɖi aɖeke matee ɖe to o.

23 Mafanya eƒe futɔwo le eŋgɔ,

eye maƒo ame siwo tso ɖe eŋu la aƒu anyi.

24 Nye lɔlɔ̃ si meʋãna o la anɔ anyi kplii,

eye woakɔ eƒe dzo ɖe dzi to nye ŋkɔ dzi.

25 Makɔ eƒe asi dzi ɖe atsiaƒu dzi,

eye eƒe nuɖusi ɖe tɔsisiwo dzi.

26 Ayɔm be, Wòe nye Fofonye, nye Mawu,

nye Agakpe kple Ɖela.

27 Matsɔe awɔ nye ŋgɔgbevi

kple fia si wodo ɖe dzi wu

le anyigbadzifiawo katã dome.

28 Malé nye lɔlɔ̃ me ɖe asi ɖaa,

eye nye nubabla kplii mada

le edzi akpɔ gbeɖe o.

29 Maɖo eƒe ƒome anyi tegbee,

eye zi ale si dziƒo li la,

nenema ke eƒe fiazikpui anɔ anyii.

30 "Ne viawo gblẽ nye sewo ɖi,

eye womewɔ nye ɖoɖowo dzi o,

31 ne woda le nye sedede dzi,

eye wogbe nye gbeɖeɖewo dzi wɔwɔ la,

32 ekema matsɔ ati ahe to na woe ɖe

woƒe nu ̃wo ta, eye matsɔ ƒoƒo ahe to

na wo ɖe woƒe vodadawo ta,

33 gake nyemaxɔ nye lɔlɔ̃ le esi,

alo ada le nye nuteƒewɔwɔ dzi o.

34 Nyemagbe nye nubabla la dzi wɔwɔ o,

eye nyematrɔ nu si nye nu gblɔ la o.

35 Meta nye kɔkɔenyenye zi ɖeka

hena ɣeyiɣiwo katã be,

nyemada alakpa na David o.

36 Ke boŋ eƒe ƒome anɔ anyi tegbee,

eye eƒe fiazikpui ali ke

le nye ŋkume abe ɣe ene.

37 Woaɖoe anyi ɖaa abe ɣleti,

ɖasefo nuteƒewɔla si le dziŋgɔli ŋu ene." Sela

38 Gake ègbe, èdo vlo, eye nèdo dɔmedzoe ɖe

amesiamina ŋu vevie.

39 Ète fli ɖe nu si nèbla kple dɔla me,

eye nèdo gu eƒe fiakuku, tsɔe ƒu gbe ɖe ke me.

40 Ègbã eƒe gliwo,

eye nèwɔ eƒe sesẽwo wozu aƒedo.

41 Ame siwo katã to afi ma la hae,

eye wòzu alɔmeɖenu na eƒe aƒelikawo.

42 Èdo eƒe futɔwo ƒe nuɖusi ɖe dzi,

eye nèna eƒe ketɔwo katã tso aseye.

43 Èna eƒe yi nu tsi, eye mèkpe ɖe eŋu

le aʋawɔwɔ me o.

44 Èna eƒe ŋutikɔkɔe wu enu,

eye nètsɔ eƒe fiazikpui ƒu gbe ɖe anyigba.

45 Èɖe eƒe ɖekakpuimeŋkekewo dzi kpɔtɔ,

eye nètsɔ ŋukpe tsyɔ abe avɔ ene. Sela

46 O! Yehowa va se ɖe ɣe ka ɣie?

Ɖe nàɣla ɖokuiwò tegbea?

Ɣe ka ɣi dziku abi abe dzo ene ase ɖo?

47 Ɖo ŋku ale si nye agbe le du dzii la dzi.

Tofloko kae nye si, nèwɔ amegbetɔviwo na!

48 Amegbetɔ kae anɔ agbe, eye maku o,

alo aɖe eɖokui tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ me? Sela

49 O! Aƒetɔ, afi ka lɔlɔ̃ tsãtɔ le,

lɔlɔ̃ si nye atam nèka na David

le nuteƒewɔwɔ me la le?

50 Aƒetɔ, ɖo ŋku ale si woɖu fewu le dɔla ŋuti

kple ale si nye dzi tsɔ dukɔwo ƒe vlodoame la dzi.

51 O! Yehowa, ɖo ŋku vlodoame si futɔwo tsɔ

le alɔme ɖem le amesiamina ƒe

afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋuti la dzi.

52 Woakafu Yehowa tegbetegbee!

Amen, ɛ̃, Amen.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-