Publicidade

Salmos 92

Ha si wokpa. Hadzidzi. Na Dzudzɔgbe ŋkeke la.

1 Enyo be woakafu Yehowa,

eye woadzi ha na ŋkɔ, o Dziƒoʋĩtɔ,

2 ne woaɖe gbeƒã lɔlɔ̃ le ŋdi me

kple nuteƒewɔwɔ le fiẽ me,

3 ɖe ka ewo gakasaŋku

kple kasaŋku ƒe gbe vivi nu.

4 O! Yehowa, èna mekpɔ dzidzɔ le nuwɔnawo ta.

Medzi ha tso aseye le asinudɔwo ta.

5 O! Yehowa, dɔwɔwɔwo lolo loo,

aleke susuwo me goglo ale?

6 Numanyala menya esia o,

eye bometsilawo mese egɔme o,

7 be togbɔ be ame ̃ɖi tsi mlɔmlɔmlɔ abe gbe ene,

eye nu tovo wɔlawo ƒo se la,

woatsrɔ̃ wo gbidigbidi.

8 Ke , o Yehowa, woado ɖe dzi tegbetegbe.

9 Vavã, futɔwo, o Yehowa,

atsrɔ̃ le nyateƒe me,

eye nu vlo wɔlawo katã aka ahlẽ gbẽe.

10 Èkɔ nye dzo ɖe dzi abe to ene,

eye nèkɔ ami nyuitɔwo ɖe dzinye.

11 Nye ŋkuwo kpɔ ale si woɖu nye ketɔwo dzii,

eye nye towo se ale si wonya avuzi

le nye futɔ ̃ɖiwo dzii.

12 Ame dzɔdzɔewo atsi abe ale si deti tsinae ene,

woatsi akɔ abe Lebanon ƒe sedati ene;

13 ati siwo wodo ɖe Yehowa ƒe aƒe me,

woatsi nyuie le míaƒe Mawu la ƒe xɔxɔnu.

14 Aleke gbegbe wotsii la,

woaganɔ tsetsem, eye woƒe aŋgbawo ada ama, eye womalũ o.

15 Woaɖe gbeƒã be, "Yehowae nye dzɔdzɔetɔ;

eyae nye nye Agakpe, eye ̃ɖinyenye aɖeke mele eme o."

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-