1 Midzi ha yeye na Yehowa;
Mi anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa.
2 Midzi ha na Yehowa, mikafu eƒe ŋkɔ;
miɖe gbeƒã eƒe xɔxɔ gbe sia gbe.
3 Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo dome
kple eƒe nukudɔwo fia le anyigbadzitɔwo katã dome.
4 Elabena Yehowa lolo,
eye wòdze kafukafu ŋutɔ;
ele be woavɔ̃e wu mawuwo katã.
5 Dukɔwo ƒe mawuwo nye legbawo,
ke Yehowae wɔ dziƒowo.
6 Atsyɔ̃ kple gãnyenye le eŋgɔ,
eye ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe le eƒe kɔkɔeƒe la me.
7 O! Mi dukɔwo ƒe ƒomewo,
mitsɔ ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ na Yehowa.
8 Mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze eƒe ŋkɔ la nɛ,
eye mitsɔ vɔsanuwo va eƒe xɔxɔnuwoe.
9 Misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atsyɔ̃ me,
eye anyigba katã nedzo nyanyanya le eŋkume.