7 Afi ka madzo le wò Gbɔgbɔ la gbɔ ayi?
Afi ka masi atso wò ŋkume ayi?
8 Ne meyi dziƒo la, èle afi ma,
ne meɖo nye mlɔƒe ɖe gogloƒewo hã la, èle afi ma.
9 Ne medzo yi yame le fɔŋli ƒe aʋalawo dzi,
ne meyi ɖanɔ atsiaƒu ƒe mlɔenu ke hã la,
10 wò asi akplɔm,
eye wò nuɖusi além ɖe asi sesĩe.