13 Wò fiaɖuƒe la nye fiaɖuƒe mavɔ,
eye wò fiaɖuɖu anɔ anyi le dzidzimewo katã me.
Yehowa awɔ nuteƒe le eƒe ŋugbedodowo katã me,
eye wòaɖe lɔlɔ̃ afia ame siwo katã wòwɔ.
14 Yehowa léa ame siwo katã dze anyi la ɖe asi,
eye wòfɔa ame siwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la ɖe dzi.