3 Togbɔ be èdzro nye dzi me
eye nèlé ŋku ɖe ŋunye tsitotsito le zã me;
ne èdom kpɔ hã la,
màkpɔ naneke le menye o.
Meɖoe kplikpaa be nye nu mawɔ nu vɔ̃ o.
4 Le amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo me la,
metsɔ wò numenya kpɔ ɖokuinye dzii be,
nyemage ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo dzi o.
5 Nye afɔɖeɖewo li ɖe wò toƒewo,
eye nye afɔ meɖiɖi o.