Pular para o conteúdo
Publicidade

Salmos 19

1 Dziƒo ɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go,

eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwo.

2 Tso ŋkeke yi ŋkeke, wole Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kafum,

eye tso yi ,

wole eƒe gãnyenye ɖem fia.

3 Nuƒoƒo alo gbegbɔgblɔ aɖeke meli

si me womese woƒe gbe le o.

4 Woƒe gbe ɖina le anyigba dzi afi sia afi,

eye woƒe nyawo dea xexea me ƒe mlɔenu ke ̃ .

Etu agbadɔ ɖe dziƒowo na ɣe,

5 eye wòle abe ŋugbetɔsrɔ̃e le go dom tso eƒe agbadɔ me ene.

Ele abe duƒula si le dzidzɔ kpɔm be wòalé eƒe atsɔ ene.

6 Ɣe dzena tso dziƒo ƒe go ɖeka dzi,

eye wòzɔna yia go kemɛ dzi,

naneke meɣla ɖe eƒe dzoxɔxɔ o.

7 Yehowa ƒe se la de blibo,

enaa agbegbɔgbɔ luʋɔ!

Yehowa ƒe ɖoɖowo le eteƒe,

eye wonana bometsilawo dzea nunya.

8 Yehowa ƒe mɔwo dzɔ,

wonana dzi kpɔa dzidzɔ.

Yehowa ƒe sewo me ,

wonana ame dzea nunya.

Veja também