Publicidade

Salmos 20

David ƒe ha na hɛnɔ la.

1 Yehowa netɔ na ne èɖo xaxa me;

Yakob ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ nanye ŋuwòdzɔla.

2 Neɖo kpekpeɖeŋu ɖe tso kɔkɔeƒe la,

eye wòaɖo xɔname ɖe tso Zion.

3 Neɖo ŋku vɔsawo katã dzi,

eye wòaxɔ numevɔsawo. Sela

4 Nena nu si dzi di la ,

eye wòana ɖoɖowo katã nadze edzi na .

5 Míado dzidzɔɣli ne èɖu dzi, eye míakɔ míaƒe aflagawo dzi

le míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me.

Yehowa awɔ nu siwo katã nèbiae la na .

6 Azɔ menya be Yehowa ɖe eƒe amesiamina,

etɔ tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la

kple eƒe nuɖusi ƒe ŋusẽ, si wòtsɔna ɖea amee.

7 Ame aɖewo ɖoa ŋu ɖe tasiaɖamwo ŋu,

eye ame aɖewo ɖoa dzi ɖe sɔwo ŋu,

ke míawo ya míeɖo dzi ɖe Yehowa,

míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ ŋu.

8 Ame mawo la, wodzea klo, eye wodzea anyi,

ke míawo ya, míenɔa tsitre, eye míedzɔna .

9 O! Yehowa, na fia la!

na ne míeyɔ !

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-