Publicidade

Salmos 25

David ƒe ha.

1 O! Yehowa,

wòe mekɔ nye luʋɔ ɖe dzi na.

2 O! Nye Mawu, ŋuwòe meɖo dzi ɖo.

Mègana ŋu nakpem,

alo nàɖe nye futɔwo naɖu dzinye o.

3 Ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe dziwò la,

ŋu makpee akpɔ gbeɖe o;

gake ŋu akpe ame siwo nye vivimenuwɔlawo.

4 O! Yehowa, fia mɔwo

kple toƒewom,

5 kplɔm le nyateƒe la me, eye nàfia num,

elabena wòe nye nye Mawu kple nye Ɖela,

eye nye mɔkpɔkpɔ le mewò ŋkeke blibo la katã.

6 O! Yehowa, ɖo ŋku lɔlɔ̃

kple nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la dzi,

elabena woli tso blema ke.

7 O! Yehowa, mègaɖo ŋku nye ɖekakpuimenu ̃wo

kple nye aglãdzemɔwo dzi o;

ke boŋ ɖo ŋku dzinye le lɔlɔ̃ la ta,

elabena nyuiwɔwɔ le mewò.

8 Yehowa nyo, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe,

eya ta efiaa eƒe nu ̃ wɔlawo.

9 Ekplɔa ɖokuibɔbɔlawo to nu dzɔdzɔe wɔwɔ me,

eye wòfiaa eƒe wo.

10 Yehowa ƒe mɔwo katã nye lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ na

ame siwo léa eƒe nubablamenyawo ɖe asi.

11 O! Yehowa, togbɔ be nye dzidada gbɔ ale gbegbe la,

tsɔ wo kem le ŋkɔ la ta.

12 Ekema ame kawoe nye ŋutsu ma siwo ̃a Yehowa?

Afia nu wo le si woato la dzi.

13 Woakpɔ dzidzedze le woƒe agbemeŋkekewo me,

eye woƒe dzidzimeviwo anyi anyigba la ƒe dome.

14 Yehowa gblɔa nya ɣaɣlawo na ame siwo ̃,

eye wòɖea eƒe nubabla fiaa wo.

15 Nye ŋkuwo le Yehowa ŋu ɖaa,

elabena eya koe aɖe nye afɔ le me.

16 Trɔ ɖe ŋunye ne nàve nunye,

elabena metsi akogo, eye hiã tum.

17 Nye dzi ƒe nuxaxawo do ɖe edzi,

na vovom tso nye vevesesewo me.

18 Nye nàkpɔ nye nuxaxa kple nye vevesese ɖa,

eye nàɖe nye nu ̃wo katã ɖa.

19 Kpɔ ale si nye futɔwo dzi ɖe edzii ɖa,

eye nàkpɔ ale si wolé fum ɖikaɖikae ɖa!

20 Kpɔ nye agbe ta, eye nàɖem;

megana ŋu nakpem o, elabena mewòe mebe ɖo.

21 Nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye nedzɔ ŋunye,

elabena nye mɔkpɔkpɔ le mewò.

22 O! Mawu,

ɖe Israel tso woƒe xaxawo katã me.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-