4 Nu ɖeka mebia Yehowa,
esiae nye be manɔ Yehowa ƒe aƒe me
le nye agbemeŋkekewo katã me,
ne malé ŋku ɖe Yehowa ƒe nyonyo ŋu,
eye madii le eƒe gbedoxɔ me.
5 Elabena le xaxaɣiwo la,
atsyɔ nu dzinye le eƒe nɔƒe la me;
aɣlam ɖe eƒe agbadɔ ƒe bebeƒe,
eye wòakɔm aɖo agakpe kɔkɔ aɖe dzi.