1 Mi anyigbawo katã mido ɣli,
mitso aseye ɖe Mawu ŋu!
2 Midzi eƒe ŋkɔ ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ha;
mikafu Mawu ƒe gãnyenye!
3 Migblɔ na Mawu be,
"Wò dɔwɔwɔwo dziŋɔ loo!
Wò ŋusẽ tri akɔ ale gbegbe be,
wò futɔwo de ta agu na wò.
4 Anyigba la katã de ta agu na wò,
wole kafukafuha dzim na wò,
wole kafukafuha dzim na wò ŋkɔ." Sela