Publicidade

Salmos 79

Asaf ƒe ha.

1 O! Mawu, dukɔwo nye zi ɖe domenyinu la dzi,

wodo gu gbedoxɔ kɔkɔe la,

eye wogbã Yerusalem wòzu anyiglagoe.

2 Wotsɔ dɔlawo ƒe kukuawo

na dziƒoxewo abe nuɖuɖu ene,

eye wotsɔ ame kɔkɔeawo ƒe ŋutilã

na anyigbadzilã wɔadãwo.

3 Wokɔ woƒe ʋu ɖi abe tsi ene ƒo xlã Yerusalem,

eye ame aɖeke meli aɖi ame kukuawo o.

4 Míezu fewuɖunu na míaƒe aƒelikawo,

eye míezu alɔmeɖenu kple vlodonu na ame siwo ƒo xlã .

5 O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi?

Ɖe nàdo dɔmedzoe tegbeea?

Va se ɖe ɣe ka ɣi ŋuʋaʋã abi abe dzo ene?

6 Trɔ dziku helĩhelĩ la ɖe dukɔ

siwo menya o la dzi

kple fiaɖuƒe siwo meyɔa ŋkɔ o la dzi.

7 Elabena wovuvu Yakob,

eye wogbã eƒe denyigba.

8 Mègawɔ na ɖe mía fofowo ƒe nu ̃ nu o;

na nublanuikpɔkpɔ nava do go kaba,

elabena míeɖo xaxa aɖe me.

9 O! Mawu, mía Ɖela,

kpe ɖe mía ŋu le ŋkɔ ƒe bubu ta.

Ɖe , eye nàtsɔ míaƒe nu ̃wo

ake le ŋkɔ la ta.

10 Nu ka ŋuti dukɔwo agblɔ be,

"Afi ka woƒe Mawu la le?"

Le míawo ŋutɔ ƒe ŋkume, na dukɔwo nanya be,

èbia hlɔ̃ na dɔla siwo ƒe ʋu wokɔ ɖi.

11 Aʋaléleawo ƒe ŋeŋe neɖo gbɔwò,

tsɔ asi ƒe ŋusẽ ɖe

ame siwo wotso kufia na.

12 O! Aƒetɔ, ɖo vlo, si míaƒe aƒelikawo

do la teƒe na wo zi adre.

13 Ekema dukɔ,

lãnyiƒe ƒe alẽwo akafu tegbee,

eye tso dzidzime yi dzidzime

míaɖe kafukafu afia.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-