Publicidade

Salmos 108

Hadzidzi. David ƒe ha.

1 O! Mawu, nye dzi le te goŋgoŋgoŋ.

Madzi ha, aƒo saŋku kple nye luʋɔ blibo.

2 Saŋku kple kasaŋku,

minyɔ! Manyɔ fɔŋli.

3 O! Yehowa, makafu le dukɔwo dome,

eye madzi ha le ŋuwò le anyigbadzitɔwo dome,

4 elabena lɔlɔ̃ de blibo,

hekɔ wu dziƒowo, eye nuteƒewɔwɔ yi ɖatɔ lilikpowo.

5 O! Mawu, woado ɖe dzi agbɔ dziƒowo ŋu,

eye na ŋutikɔkɔe naxɔ anyigba blibo la dzi.

6 Ɖe , eye nàkpe ɖe mía ŋu kple nuɖusibɔ,

be ame siwo nèlɔ̃ vevie la nakpɔ ɖeɖe.

7 Mawu ƒo nu tso eƒe kɔkɔeƒe la be,

"Mama Sekem le dziɖuɖu me,

eye madzidze Sukɔt Balime.

8 Gilead nye tɔnye, Manase tɔnyee;

nye gakukue nye Efraim,

eye Yuda nye nye fiatikplɔ.

9 Moab nye nye tsiletɔkpo,

matsɔ nye atokota aƒu gbe ɖe Edom dzi,

eye mado dziɖuɖuɣli ɖe Filistia ŋu."

10 Ame ka akplɔm ayi du sesẽ la mee?

Ame ka akplɔm ayi Edom?

11 O! Mawu, ɖe menye wòe oa?

Nu ka nègbe ,

eye mègadona kple míaƒe aʋakɔwo o?

12 Kpe ɖe mía ŋu ɖe míaƒe futɔwo ŋuti,

elabena èna amegbetɔ ƒe kpekpeɖeŋu mele nemi me o.

13 Ne Mawu le mía dzi la, míaɖu dzi,

eye wòafanya míaƒe futɔwo ɖe eƒe afɔ te.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-