Publicidade

Salmos 47

Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la.

1 Miƒo asikpe, mi dukɔwo katã.

Mitso aseye ɖe Mawu ŋu kple ɣli.

2 Ŋɔdzi le Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ŋu ale gbegbe,

eyae nye Fiagã ɖe anyigba la katã dzi!

3 Ebɔbɔ dukɔwo ɖe mía te,

eye wòtsɔ anyigbadzitɔwo de míaƒe afɔ te.

4 Etia míaƒe domenyinu na si nye dada na Yakob,

ame si wòlɔ̃. Sela

5 Mawu yi dzi kple aseyetsotso,

Yehowa yi dzi kple kpẽ ƒe ɖiɖi.

6 Midzi kafukafuhawo na Mawu,

midzi kafukafuhawo;

midzi kafukafuhawo na míaƒe Fia la,

midzi kafukafuhawo,

7 elabena Mawue nye Fia ɖe anyigba blibo la dzi,

midzi kafukafuha .

8 Mawu ɖu fia ɖe dukɔwo dzi.

Mawu anyi ɖe eƒe fiazikpui kɔkɔe la dzi.

9 Dukɔwo ƒe bubumewo ɖi anyi

abe Abraham ƒe Mawu la ƒe amewo ene,

elabena anyigbadzifiawo nye Mawu ,

elabena wodo eya amea ɖe dzi bobobo.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-